Mark 6:45-52

Yesu zɔ ƒudzi

(Mateo 14:22-33; Yohanes 6:15-21)

45Le nuɖuɖu nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu ɖe gbe na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me akui tso ƒua ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado hedenyuie na ameha la eye yeado mɔ wo woayi aƒe me.

46Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa. 47Le zã me esi nusrɔ̃lawo ɖo ƒua titina la, 48Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒua dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene 49gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒua dzi eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli elabena wobu be ŋɔlie. 50Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.”

51Azɔ ege ɖe ʋua me eye ya ƒoƒo la tɔ te. Nusrɔ̃lawo kata ƒe nu ku ŋutɔ 52elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o, gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzime sẽ.

Copyright information for EweBEE